Hebrews 3

Kristo nye gã wu Mose

1Eya ta, nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, Apostolo kple Osɔfogã, ame si me mieʋu la dzi. 2Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒeme la ene. 3Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose. 4Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe gake Mawue nye nu sia nu wɔla. 5Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒeme, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. 6Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi eye miawoe nye Mawu aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.

Nuxɔxlɔ̃ ɖe dzimaxɔse ŋuti

7Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be,

“Egbe ne mie se eƒe gbe la,
8migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi
si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
9Afi ma mia fofowo dom kpɔ eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene. 10Eya tae meɖo dziku ɖe dzidzime ma ŋu eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣesiaɣi eye womenya nye mɔwo o!’
11Eya ta le nye dziku me la meka atam gblɔ be, ‘womage ɖe nye dzudzɔ ƒe la me gbeɖe o.’”
12Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la, naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. 13Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mía dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o. 14Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko. 15Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be,

“Egbe ne miese eƒe gbe la migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me ene la o.”
16Ame kawoe nye ame siwo se nya la eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa? 17Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃ eye woƒe ŋutilãkukuwo tsi gbea dzi lae oa? 18Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔ la me gbeɖe o ne menye ame siwo sẽ to lae oa? 19Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu age ɖe dzudzɔ la me o le woƒe dzimaxɔse ta.

Copyright information for EweBEE